Luke 11:14-23

Yesu kple Belzebul

(Mateo 12:22-30; Marko 3:20-27)

14Gbe ɖeka Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe le tokunɔ aɖe me eye amea de asi nuƒoƒo me enumake. Ame siwo nɔ afi ma la kpɔ dzidzɔ hetso aseye le nukunu sia ta. 15Gake ame aɖewo nɔ ameawo dome siwo gblɔ be, “Mewɔ nuku be ame sia le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me o, elabena exɔ ŋusẽ tso Satana, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la gbɔ!” 16Ame bubuwo di tso esi be wòana dzesi aɖewo nadze le yame si afia be eyae nye Mesia la vavã.

17Yesu dze si nu si nɔ ame siawo katã ƒe susu me eya ta egblɔ be, “Ne dukɔ aɖe me tɔwo ma ɖe wo nɔewo ŋu hele aʋa wɔm la dukɔa agba, nenema ke nenye be aƒe aɖe me yɔ fũ kple dzre la mate ŋu anɔ te o.” 18Nenye be enye nyateƒe abe ale si míegblɔe be Satanae le dɔ wɔm le menye be manya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa la ale ke eƒe fiaɖuƒe anɔ tee? 19Eye nenye be Satana ƒe ŋusẽe le menye ɖe, nu kae le miawo ŋutɔ miaƒe amewo me? Woawo hã tea ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa? Alo miebu be esia fia kɔtee be Satana ƒe gbɔgbɔe le wo mea? Mibia wo se kpɔ be miaƒe nya la nye nyateƒe mahã? 20Azɔ ne mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Mawu ƒe ŋusẽ la, ekema afia be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome.

21Nenye be ŋusẽtɔ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo eye wole eƒe fiasã ŋu dzɔm la eƒe nuwo anɔ dedie. 22Gake ne ame si sẽ ŋu wui va dze edzi eye woxɔ ŋusẽ le esi la axɔ eƒe aʋawɔnu siwo ŋu wòle ŋu ɖom ɖa le esi eye wòama eƒe nunɔamesiwo.

23“Ame si mele dzinye o la tsi tre ɖe ŋunye, eye ne ame aɖe mele kpekpem ɖe ŋunye o la ele nye dɔ me gblẽm nam.”

Copyright information for EweBEE